Romans 10:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole agbagba dzem be yewoatsɔ yewo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, ekema womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womenya mɔ si dzi Mawu tona bua ame be ele dzɔdzɔe o, eya ta mɔ si dzi woawo ŋutɔ ato adze Mawu ŋu ko dim wole, elabe womenya ale si woawɔ atsɔ wo ɖokui ana Mawu, ale be wòabu wo be wole dzɔdzɔe o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena womese egɔme be Kristo ku be yeadzra yewo kple Mawu dome ɖo o. Le esia gɔmesese teƒe la, wole agbagba dzem be yewoadze na Mawu ƒe amenuveve la to Yudatɔwo ƒe seawo kple kɔnyinyiwo dzi wɔwɔ me; ke esia menye ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ o.