Romans 10:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke dzɔdzɔenyenye si vana to xɔse me la gblɔ be, “Mègagblɔ le wò dzi me be, ‘Ame kae ayi dziƒo mahã?’ ” (Esia fia be woatsɔ Kristo ava anyigba dzi)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la gblɔ bena: Megagblɔ le wò dzi me bena: „Ameka aha ayi dziƒo mahã“ o; esia nye bena, woatsɔ Kristo ava anyigba dzi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke nu si wogblɔ tso nu dzɔdzɔe wɔwɔ si ku ɖe xɔse ŋu lae nye be: “Mègagblɔ na ɖokuiwò be: ‘Ame ka alia ayi dziƒo?’ (esi fia be wòayi aɖakplɔ Kristo vɛ) o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ɖeɖekpɔkpɔ si vana to xɔse me la, gblɔ be, “Mele be nãdi dziƒo be yeakpɔ Yesu le afi ma eye yeahee va anyigba dzi be wòakpe ɖe ye ŋu o,” eye,