Romans 11:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ mele biabiam be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo mahã? Gbeɖe! Nye ŋutɔ hã Israeltɔ menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye tso Benyamin ƒomea me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ mele gbɔgblɔm be: Alo ɖe Mawu gbe eƒe dukɔ la mahã? Gbeɖe! Elabena nye hã Israeltɔ menye tso Abraham ƒome kple Benyamin-to la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke mabia be: “Ekema Mawu ɖe wòɖe asi le eƒe dukɔ ŋu keŋkeŋ loo?” Gbeɖe! Nye ŋutɔŋutɔ hã Israeltɔ menye, henye Abraham ƒe dzidzimevi, eye metso Benyamin-to la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema mabia be, ɖe Mawu gbe eƒe amewo, Yudatɔwo, eye wògblẽ wo ɖia? Ao, mele nenema kura o. Miɖo ŋku edzi be nye ŋutɔ hã Yudatɔe menye; Abraham ƒe dzidzimevie menye eye metso Benyamin ƒe ƒomea me.