Romans 11:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ ne woƒe anyidzedze zu xexea me katã ƒe yayra, eye woƒe bubu zu ame siwo menye Yudatɔwo o la ƒe yayra la, ekema mibu yayra gã si wu esia si ava xexea me dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne woƒe anyidzedze la zu xexeme ƒe kesinɔnu, eye woƒe bubu la zu trɔ̃subɔlawo ƒe kesinɔnu la, aleke gbegbe woƒe xexlẽme ƒe dedeme blibo la mahazui o ma?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne nuvɔ̃ si wowɔ he yayra manyagblɔ vɛ na xexea me, eye ale si wode megbe tso Mawu gbɔ hã he yayra manyagblɔ vɛ na ame siwo menye Yudatɔwo o la, ekema yayrawo asɔ gbɔ wu sãa, nenye be Israeltɔwo katã va zu Mawu tɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ ne xexeame katã kpɔ yayra to Mawu ƒe ɖeɖenana me la, ekema ne Yudatɔwo agbe Mawu ƒe ɖeɖe la xɔxɔ la, mibu yayra gã si wu esia, si ava xexeame dzi ne Yudatɔwo hã va xɔ Yesu la ŋu.