Romans 11:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, nenema ke wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã nɔa kɔkɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne abolowo ƒe gbãtɔ la le kɔkɔe la, amɔwɔ blibo la hãe, eye ne ke la le kɔkɔe la, alɔwo hãe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne nuku gbãtɔ le kɔkɔe la, ekema nuŋeŋe la katã hã le kɔkɔe. Nenema ke ne ati la ƒe ke le kɔkɔe la, ekema eƒe alɔdzeawo hã le kɔkɔe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye zi ale si Abraham kple nyagblɔɖilawo nye Mawu ƒe amewo la, wo viwo hã anye Mawu ƒe amewo. Elabena ne ati aɖe ƒe kewo le kɔkɔe la, eƒe alɔwo hã anɔ kɔkɔe.