Romans 11:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, mienye alɔwo le amiti aɖe si nɔ gbe me la ŋuti; ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo la, eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne wòŋe alɔwo dome ɖewo ɖa, eye wò, si nye gbemiti la, wotsɔ wò do ɖe wo dome, eye nèkpɔ amiti la ƒe kè kple eƒe atimetsi ƒe gome kpli wo la,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wolã ati, si wodo la ƒe alɔdze aɖewo ɖa, eye wotsɔ mi, ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo le abe ati, si wɔ le gbe me le eɖokui si ene la ƒe alɔwo do ɖe eŋu. Ale miawo hã mieva le gome kpɔm le nuɖuɖu si tso ati la ƒe ke me la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke wolã alɔ siawo dometɔ aɖewo, siwo le Abraham ƒe ati la ŋu la ɖa; ame siawoe nye Yudatɔwo. Eye mi Trɔ̃subɔlawo, mienye alɔwo tso amiti aɖe si nɔ gbeme la dzi, ke azɔ la, mieva zu alɔ na Abraham ƒe ati la. Eya ta azɔ la, miawo hã mixɔ yayra si ŋugbe Mawu do na Abraham kple viawo eye miakpɔ gome le Mawu ƒe nunyiame me tso eya ŋutɔ ƒe amiti tɔxɛ la gbɔ.