Romans 11:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kpɔ nyuie. Ɖo ŋku edzi be wolã alɔ siwo nye Yudatɔwo la ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o, ke nɔ vɔvɔ̃m boŋ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Enyo! Woŋe wo ɖa le dzimaxɔse ŋuti, ke wò la xɔse ŋuti nèle tsitre ɖo; megado ɖokuiwò ɖe dzi o, hafi nɔ vɔvɔ̃m boŋ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ele eme baa. Wolã wo ɖa, elabe womexɔ se o. Le gowòme la, wò xɔse tae nèle te ɖo, eya ta mele be nàdo ɖokuiwò ɖe dzi o, ke boŋ ɖe wòle be nànɔ vɔvɔ̃m.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Kpɔ nyuie. Đo ŋku edzi be wolã alɔ ma siwo nye Yudatɔwo ɖa, elabena womexɔ Mawu dzi se o, eye miawo miezu alɔwo le miaƒe dzixɔse ɖeɖe ko ta. Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o; mibɔbɔ mia ɖokuiwo, mida akpe eye miakpɔ nyuie.