Romans 11:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu, eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agate ŋu axɔ wo, ado ɖe ati la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye gake woamawo hã, nenye ɖe wometsi dzimaxɔse dzi o la, woagatsɔ wo ado ɖe eme, elabena Mawu ate ŋu agado wo ɖe eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israelviwo kura gɔ̃ hã la, ne wotrɔ va xɔ Mawu dzi se ko la, woagagbugbɔ wo ada ɖe wo nɔƒe, elabe ŋusẽ le Mawu si be woagagbugbɔ wo ada ɖe wo nɔƒe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke ne Yudatɔwo aɖe asi le woƒe dzimaxɔse ŋu eye woatrɔ ava Mawu gbɔ la, Mawu agaxɔ wo ado ɖe ati la dzi. Ŋusẽ le esi be wòawɔe.