Romans 11:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, ame siwo nye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã, eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ne wotsɔ wò, si wolã tso amiti, si nye gbemetɔ le dzɔdzɔme nu la, dzi hedo ɖe amiti nyui, si menye wò dzɔdzɔme o la me la, aleke gbegbe womatsɔ wo amesiwo nye dzɔdzɔmetɔwo la, ado ɖe woawo ŋutɔ ƒe amiti la me o ma?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, ɖe miele abe ati, si wɔ le eɖokui si le gbe me, eye wolã eƒe alɔwo va do ɖe ati, si wodo la ŋu la ene. Israel-dukɔ le abe ati, si wodo la ene. Ale be ele bɔbɔe na Mawu be wòagatsɔ ati dodo sia ƒe alɔ lalãawo agbugbɔ ado ɖe eŋuti wòanyo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena ne Mawu lɔ̃ be yeaxɔ mi ame siwo nɔ adzɔge ke, mienye amiti dzodzro aɖe ƒe akpa aɖe tsã eye fifia yeaxɔ mi ado ɖe ye ŋutɔ yeƒe ati nyui dzi, nu si medzɔna edziedzi o la, ɖe miekpɔe be anɔ klalo sãa wu be yeagbugbɔ Yudatɔwo, ame siwo nɔ afi ma tsã la axɔ oa?