Romans 11:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi, eye miade asi dada me o. Ɛ̃, eme kɔ be Israel ƒe ame aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi ame siwo menye Yudatɔwo o la katã, miava Kristo gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvinyewo, medi be magblɔ nya ɣaɣla aɖe na mi mianya, ale be miaganɔ bubum be yewonya nu ŋutɔ o. Esiae nye be: Israel-dukɔ ƒe akpa aɖe sẽ to, va se ɖe esime ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo ƒe xexlẽme de pɛpɛpɛ la nava Mawu gbɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nɔvi lɔlɔ̃awo, medi be mianya nyateƒe sia tso Mawu gbɔ, ale be miagado mia ɖokuiwo ɖe dzi eye miade asi dada me o. Ẽ, eme kɔ be Yudatɔ aɖewo tsi tsitre ɖe nyanyui la ŋu azɔ, ke anɔ alea va se ɖe esime mi Trɔ̃subɔla siwo katã lɔ̃ la, miava Kristo gbɔ.