Romans 11:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe. Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ava tso Zion, eye wòatrɔ Yakob katã ɖa tso mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye nenema ke woaxɔ Israel blibo la ɖe agbe, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Ɖela la atso Zion, eye wòava aɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ ɖa tso Yakob gbɔ:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne esia va eme vɔ la, ekema woaxɔ Israel-dukɔ blibo la hã ɖe agbe. Elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Ɖela la atso Zion ava, eye wòaɖe mawumavɔmavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa le Yakob ƒe ƒome la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema Israel blibo la akpɔ ɖeɖe. Mieɖo ŋku nu si nyagblɔɖilawo gblɔ tso nu sia ŋuti dzia? “Xɔla aɖe ado tso Zion eye wòatrɔ Yudatɔwo katã ɖa tso mawumavɔmavɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi gbɔ.