Romans 11:28 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Yudatɔ geɖewo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia ɖe vi na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le nyanyuie la nu wonye ketɔwo le mia ŋuti, ke le tiatia la nu wonye lɔlɔ̃tɔwo le fofoawo ta:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Nyanyui la gome la, wozu Mawu ƒe futɔwo le mia ta. Ke le ale si wotia wo ɖi gome ya la, wonye lɔlɔ̃tɔwo le wo tɔgbuiawo ta.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ la Yudatɔ geɖeawo nye nyanyui la ƒe futɔwo. Wolé fui. Ke nu sia nye viɖe na miawo, elabena ena Mawu tsɔ eƒe nunana na mi Trɔ̃subɔlawo. Ke Mawu galɔ̃a Yudatɔwo kokoko le eƒe ŋugbe si wòdo na Abraham, Isak kple Yakɔb la ta.