Romans 11:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò nyagblɔɖilawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
„Aƒetɔ, wowu wò nyagblɔɖilawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi, eye nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wole nye ku dim.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ebe: “Aƒetɔ, wowu wò gbeƒãɖelawo, eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo gúdugudu. Nye ɖeka koe susɔ ɖi, eye wodi be yewoawu nye hã.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eliya gblɔ be, “Aƒetɔ, wowu wò Nyagblɔɖilawo eye wogbã wò vɔsamlekpuiwo ƒu anyi; nye ɖeka hɔ̃ koe susɔ, eye wodi be yewoawu nye hã.”