Romans 11:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm be, “Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, womia woƒe ŋkuwo, eye woƒe towo me xe, Aleae wòle va se ɖe egbe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Mawu na alɔ̃dɔdɔgbɔgbɔ wo, ena ŋku wo, bene womagakpɔ nu o, kple to wo, bene womagase nu o“ vaseɖe egbegbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Abe ale si woŋlɔe ɖe mawunya me ene la, “Mawu na wode nu gɔme se ge do kpoe; va se ɖe egbegbe la, woƒe ŋkuwo le ʋuʋu ɖi alea, ke womele nu kpɔm o; woƒe towo le keke ɖi alea, ke womele nu sem o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le gbɔgblɔm esi wòxlẽ fia be Mawu na wodɔ alɔ̃, womia woƒe ŋkuwo eye woƒe towo me xe ale be womete ŋu se nu si gblɔm míele tso Kristo ŋu la gɔme o. Aleae wòle va se ɖe egbe.