Romans 12:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Migazɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o, ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me, ekema miate ŋu anya, eye miakpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu; eƒe lɔlɔ̃nu si nyo, eye wòdze hede blibo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miganɔ agbe abe ale si xexe sia me tɔwo nɔnɛ la ene o. Ke boŋ mina Mawu natrɔ miaƒe susuwo be woazu yeye, ale be miaƒe nɔnɔme natrɔ keŋkeŋ. To esia me la, miate ŋu adze si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple nu si nyo, eye wòdzea eŋu hede blibo la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Migazɔ azɔ ɖe xexe sia me ƒe nuɖoanyiwo nu o ke boŋ mitrɔ to miaƒe tamesusuwo ƒe yeyewɔwɔ me ekema miate ŋu anya, akpɔ kakaɖedzi le nu si Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye la ŋu, eƒe lɔlɔ̃nu si nyo eye wòdze hede blibo.