Romans 12:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu na amenuveve ƒe nunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nàgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nàgblɔ nya ɖi ɣe sia ɣi si nàte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu, ale be nàte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye amenuvevenunana, siwo le vovovo la, le mía si le amenuveve, si wona mí la nu; Nenye nyagbɔgblɔɖi la, miagblɔ nya ɖi le xɔse la nu:
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nunana vovovo siwo Mawu ve mía nu na mí la, to vovo, eya ta mina míawɔ wo ŋudɔ. Ne Mawu na ŋutete mí be míaɖe gbeƒã eƒe gbedeasi la, mina míaɖe gbeƒãe le xɔse, si le mía si la nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu na amenuvevenunana mía dometɔ ɖe sia ɖe be wòawɔ nu tɔxɛ aɖe nyuie. Eya ta ne Mawu na nunana wò be nãgblɔ nya ɖi la, ekema ele na wò be nãgblɔ nya ɖi ɣesiaɣi si nãte ŋui kple zi geɖe ale si wò xɔse asẽ ŋu ale be nãte ŋu axɔ nya tso Mawu gbɔ.