Romans 12:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nàkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu, eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la, tsɔe nyo dɔ me, eye nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò, eye wòna be nàkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nàlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo la be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ne amea ɖe le nu xlɔ̃m la, nena nuxɔxlɔ̃ dzi; amesi naa nu ame la, nena nu le dzimekɔkɔ me; amesi nɔa ame nu la, nedo vevie; amesi kpɔa nublanui na ame la, nekpɔe kple dzidzɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenye dzidede ƒo na amee la, ele be míawɔ eya hã. Ame si naa nu ame la, nekɔ dɔme nae faa. Ame si le ame nu la, newɔ eƒe wɔƒe kple vevidodo. Nenema ke ame si kpɔa nublanui na ame hã, nekpɔe kple mokɔkɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne ènye mawunyagblɔla la, ekema ele be nãkpɔ egbɔ be ŋusẽ le yeƒe mawunya ŋu eye wòkpena ɖe amewo ŋu. Ne Mawu na hotsui wò la tsɔe nyo dɔme eye nãkpe ɖe ame bubuwo ŋu. Ne Mawu na dzikpɔkpɔ ƒe nunana wò eye wòna be nãkpɔ ame bubuwo ƒe dɔwo dzi la, ele na wò be nãlé fɔ ɖe wò dɔdeasi sia ŋu vevie. Ele na ame siwo faa akɔ na konyifalawo be woatsɔ kristotɔwo ƒe dzidzɔ awɔe.