Romans 13:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyuie lae nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ, elabena xɔxɔ tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye miwɔ esia, elabena mienyã ɣeyiɣi la kɔte bena, gaƒoƒo la de vɔ bena, miafɔ tso alɔ̃ me; elabena azɔ la agbexɔxɔa tu mi wu tsã, esime miexɔ se la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, miedze si ɣeyiɣi vevi si me miele. Game su be mianyɔ tso alɔ̃ me, elabe Mawu ƒe ɖeɖe la tu aƒe fifia wu esime míexɔ se teti la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu bubu si ta wòle be mianɔ agbe nyui nye be: mienya be ɣeyiɣi boo megali o. Minyɔ elabena Aƒetɔ la ƒe vava tu aƒe fifia wu ale si míexɔe se tsã.