Romans 14:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena woŋlɔe ɖi be, “Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la, ame sia ame adze klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Aƒetɔ la gblɔ be: ‘Zi ale si menyale agbe ko la, ame sia ame le klo dze ge nam, eye ame sia ame akafum godoo.’ ”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena woŋlɔe ɖi bena Aƒetɔ la gblɔ be, “Esi mele agbe la, ame sia ame adze klo nam eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.”