Romans 14:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba, eye nànɔ agbe, ale be mànye nuɖiaɖia na nɔviwò ne ekpɔ wò nèle nu si eya bu be menyo o la wɔm o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta mina míadzudzɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ mía nɔewo. Ke boŋ mina míaɖo tame be ame aɖeke nagawɔ nane si aɖia nɔvia nu, alo nu si ana be nɔvia nawɔ nuvɔ̃ o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta mègaɖe vodada na nɔviwò azɔ o. Le esia teƒe la, dze agbagba eye nãnɔ agbe ale be mãnye nuɖiaɖia na nɔviwò ne wòakpɔ wò nãnɔ nu si eya bu be menyo o la wɔm o.