Romans 14:15 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye ne nu si nàɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Kristo ku ɖo la ŋu o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne nɔviwò le nu xam le wò nuɖuɖu ŋuti la, ekema megale zɔzɔm le lɔlɔ̃ la nu o. Megatsɔ wò nuɖuɖu tsrɔ̃ ame ma, si la Kristo ku ɖo la o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne nu si nèɖuna la nana nɔviwò sea veve la, ekema esia fia be mèlɔ̃e o. Mègana nuɖuɖu si nèɖuna la, natsrɔ̃ ame si ta Kristo ku ɖo la o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye ne nu si nãɖu anye nuɖiaɖia na nɔviwò la, mèle nu wɔm le lɔlɔ̃ me, ne èɖui o. Mègana wò nuɖuɖu nagblẽ nu le ame si ta Yesu ku ɖo la ŋu o.