Romans 14:2 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Migahe nya kple ame aɖeke be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame siwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ la buna be menyo o, eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame ɖeka xɔna sena bena, yeate ŋu aɖu nusianu, ke amesi gbɔdzɔ la, ama ko wòɖuna.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖe ƒe xɔse wɔnɛ be wòte ŋu ɖua nu sia nu faa, ke ame bubu si ƒe xɔse meli ke o la, amagbewo ko eya ɖuna.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le kpɔɖeŋu me, migahe nya kplii be enyo be wòaɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo loo alo menyo o. Mixɔe se be nu vɔ̃ aɖeke mele nu sia me o, ke ame bubuwo ƒe xɔse gbɔdzɔ wu mia tɔ. Woawo bu be menyo o eye woagbe lãɖuɖu kura aɖu amagbewo ko ɖe lã ma tɔgbi ɖuɖu teƒe.