Romans 14:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ànya be nu gbegblẽ aɖeke mele nu si yewɔ la ŋu le Mawu gɔ̃ hã gbɔ o, ke wɔe na ɖokuiwò ko. Mègaɖe wò nu si nèxɔ se be enyo la fia le ame bubu siwo nu wòaɖia la ŋkume o. Le go sia me la, woayra ame si mewɔ nu vɔ̃ to nu si wònya be enyo la wɔwɔ me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wò la, xɔse, si le asiwò la, nanɔ asiwò na wò ŋutɔ le Mawu ŋku me. Woayra amesi medrɔ̃ ʋɔnu eɖokui le nusi wòdo kpɔ wòdze la ŋuti o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Na nu si dzi nèxɔ se la, nanɔ mi kple Mawu ɖeɖe ko dome. Ame si wɔa nu si wòbu be eyae nye nyuitɔ, eye eƒe dzi mebu fɔe o la, eyae nye yayrame.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006