Romans 14:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖewo buna be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋu dɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be menyo o, eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame ɖeka bua ŋkeke ɖeka wua ŋkeke bubu, ke ame bubu bua ŋkeke sia ŋkeke sɔsɔe. Amesiame nakpɔ kakaɖedzi le ye ŋutɔ ƒe tamesusu me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke ame aɖe hã abu ŋkeke aɖe be ele vevie wu ŋkeke bubu, esime ame aɖe ya tsɔ ŋkekeawo katã ko be wosɔ. Ele be wo dometɔ ɖe sia ɖe naka ɖe nu si ta wòbui nenema ɖo la dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame aɖewo bu be ele be woawɔ kristotɔwo ƒe ŋkekenyuiwo kple ŋkeke tɔxɛwo ŋudɔ atsɔ asubɔ Mawu, ke ame aɖewo gblɔ be, menyo o eye wònye abunɛnu be woaɖe fu na ame ɖokui nenema, elabena ŋkeke sia ŋkeke nye Mawu tɔ. Ele be ame sia ame natso nya siawo tɔgbi me na eɖokui.