Romans 14:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu, eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Mawu ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu, eye wòle akpe dam.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi bua ŋkeke la, ebunɛ na Aƒetɔ la; eye amesi mebua ŋkeke o la. Aƒetɔ lae mebunɛ na o. Amesi ɖua nu la, eɖunɛ na Aƒetɔ la, elabena eda akpe na Mawu; eye amesi meɖua nu o la, Aƒetɔ lae meɖunɛ na o, eye wodaa akpe na Mawu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame sia ame si de asixɔxɔ ŋkeke aɖe ŋu la, wɔnɛ be yeatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋui. Nenema ke ame si ɖua nu sia nu la hã ɖunɛ be yeatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋu, elabe edaa akpe na Mawu ɖe nuɖuɖua ta. Ame sia ame si meɖua nane o la, wɔa esia be yeatsɔ ade bubu Aƒetɔ la ŋu, eye wòdaa akpe na Mawu ɖe eta.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne ŋkeke tɔxɛwo le mia si hena Aƒetɔ la subɔsubɔ la, miele agbagba dzem be yewoade bubu eŋu eye wònye nu nyui aɖe miele wɔwɔm. Nenema kee nye ame si ɖu lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo; eda akpe na Aƒetɔ la ɖe eta. Eya hã wɔe nyuie. Ame si madi be yeaɖu lã ma tɔgbi o la hã di be yeadze Aƒetɔ la ŋu eye wòle akpe dam.