Romans 15:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi ame siwo menye Yudatɔwo o la ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se la ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagbã go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mɔkpɔkpɔ ƒe Mawu la natsɔ dzidzɔ kple ŋutifafa katã aye mi taŋ le xɔxɔse me, bene miakpɔ mɔkpɔkpɔ sɔ gbɔ fũ le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu, ame si nana wokpɔa mɔ nɛ la nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me taŋ, elabe miexɔ edzi se, ale be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nado ŋusẽ mi be mɔkpɔkpɔ nagati mi o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta mele gbe dom ɖa ɖe mi Trɔ̃subɔlawo ta be Mawu, ame si naa mɔkpɔkpɔ mi la, nana dzidzɔ kple ŋutifafa nayɔ mia me le esi miexɔ edzi se ta. Mele gbe dom ɖa be Mawu nakpe ɖe mia ŋu be mɔkpɔkpɔ le Mawu me nagba go le mia me to Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ si le mia me la me.