Romans 15:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na ame siwo menye Yudatɔwo o la, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi ame siwo menye Yudatɔwo o la, be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la hã kɔ eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔ lae nye be masubɔ Kristo Yesu le ame siwo menye Yudatɔwo o la, dome. Ale mewɔ subɔsubɔdɔ sia, heɖe gbeƒã Nyanyui si tso Mawu gbɔ la, na wo, ale be ame siwo menye Yudatɔwo o la nava zu vɔsa nyui si ŋuti Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ, eye wòdze Mawu ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
be manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na Trɔ̃subɔlawo, eye be matsɔ Mawu ƒe nyanyui la vɛ na mi Trɔ̃subɔlawo be miazu vɔsa si dze Mawu ŋu si ŋu Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kɔ.