Romans 15:19 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Meɖe wo fia to nye gbeƒãɖeɖe kple agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume la me hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
le dzesiwo kple nukunuwo ƒe ŋusẽ me, le Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽ me, ale bena tso keke Yerusalem kple eƒe nutowo me godoo vaseɖe Iliriko ke meɖe gbe ƒã Kristo ƒe nyanyuie la le keŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esia va eme to dzesi kple nukunu siwo mewɔ kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe ƒe ŋusẽ la me. Ale mezɔ to Yerusalem yi ɖato keke Iliriko ke kpe ɖo, heɖe gbeƒã Kristo ƒe Nyanyui la wòde go keŋkeŋ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Meɖe wo kple nye gbeƒãɖeɖe kpakple nye agbe nyui si menɔ le woƒe ŋkume hekpe ɖe nukunu siwo wowɔ to dzinye abe dzesiwo tso Mawu gbɔ ene la ŋu. Esiawo katã tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me. Meɖe gbeƒã Kristo ƒe nyanyui blibo la to mɔ sia dzi tso keke Yerusalem yi ɖado ɖe Iliriko ke.