Romans 15:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke enye nye didi vevie be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã, eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke le esiawɔwɔwo me mebui bubunu be, magblɔ nyanyuie la atia, menye afisi woyɔ Kristo ƒe ŋkɔ le xoxo o, bene nyemagatu ɖe ame bubu ƒe gɔmeɖoɖoanyi dzi o,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye didi vevitɔe nye be maɖe gbeƒã Nyanyui la, le afi si womese Kristo ŋkɔ le kpɔ o, be nyemagayi xɔ tu ge ɖe gɔmeɖokpe si ame bubu ɖo da ɖi xoxo la dzi o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke enye nye didi vevi be magayi ŋgɔ wu nenema gɔ̃ hã eye maɖe gbeƒã nyanyui la le teƒe siwo womese Kristo ŋkɔ le kpɔ haɖe o. Esia dzrom wu be maɖe gbeƒã le afi si ame bubu aɖe ɖo hame aɖe anyi ɖo xoxo.