Romans 15:24 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mele ɖoɖo wɔm be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma, eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
madi be ne meva yina ɖe Spania la, mava kpɔ mi ɖa azɔ. Mele mɔkpɔkpɔ me be ne meva ɖo ta afi ma la, mato mia gbɔ, akpɔ mi ɖa, anɔ mia gbɔ miakpɔ dzidzɔ ʋɛ hafi miaɖom ɖe ŋgɔgbea.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mele tame ɖom be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.