Romans 15:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia, elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena Kristo ƒe nya tso hame si le Yerusalem la gbɔ va na ame siwo menye Yudatɔwo o la. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewoate ŋu awɔ lae nye be yewoakpe ɖe wo ŋu kple nunɔamesi aɖewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena edze wo ŋu, eye wonye woƒe fenyilawo hã; elabena ne trɔ̃subɔlawo kpɔ woƒe gbɔgbɔmenuwo gome la, edze bena, woawo hã woatsɔ woƒe xexemenuwo asubɔ woamawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu wònye woawo ŋutɔ ɖo be yewoawɔ kple dzi faa. Le nyateƒe me la, edze be woawɔe vavã. Elabe ne ame siwo menye Yudatɔwo o la va le gome kpɔm le nunyoname si Mawu na woƒe gbɔgbɔwo me la, ekema edze be Yudatɔwo hã nakpɔ gome le nu nyui siwo woawo hã wokpɔ le xexe sia me la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Edzɔ dzi na wo ŋutɔ be woawɔ esia elabena wodze sii be yewonyi akpedafe gã aɖe le kristotɔ siwo le Yerusalem la si. Nu ka ta? Elabena nya tso Kristo ŋu va na Trɔ̃subɔla siawo tso hame si le Yerusalem la gbɔ. Tso esime woxɔ nyanyui la ƒe gbɔgbɔmenunana sia tso afi ma la, wodze sii be nu suetɔ si yewo hã yewoate ŋu awɔ lae nye yewoakpe ɖe wo ŋu kple anyigbadzinu aɖewo.