Romans 15:5 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me, eye ame sia ame natsɔ Kristo Yesu ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke dzidodo kple akɔfafa ƒe Mawu la awɔ mi bena, miasusu tame ɖeka le mia nɔewo dome le Kristo Yesu nu,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu, ame si naa ame nɔa te sesĩe, eye wòdea dzi ƒo na ame la, nawɔe be miaƒe gbe nasɔ eye miawɔ nu si Kristo Yesu di la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawu, ame si naa dzigbɔɖi kple tenɔnɔ kpakple dzideƒo ame la, nakpe ɖe mia ŋu be mianɔ anyi kple mia nɔewo le nɔvilɔlɔ̃ blibo me eye ame sia ame natsɔ Kristo ƒe nɔnɔme anɔ agbe ɖe nɔvia ŋu.