Romans 15:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe ha la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene, ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyaŋuti mixɔ mia nɔewo, abe alesi Kristo hã xɔ mi ene hena Mawu ƒe kafukafu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta mixɔ mia nɔewo abe ale si Kristo hã xɔ mii ene. Miwɔ esia ale be amewo nakafu Mawu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta mixɔ mia nɔewo nyuie ɖe hame la me abe ale si Kristo ŋutɔ hã xɔ mi ene, ekema miatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu.