Romans 15:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Migaɖo ŋku edzi hã be eva be ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nakpɔ ɖeɖe, eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye madzi ha na wò ŋkɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye bena trɔ̃subɔlawo kafu Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Esiaŋuti makafu wò le trɔ̃subɔlawo dome, eye wò ŋkɔ la madzi kafukafuha na.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ale be to esia wɔwɔ me la, ame siwo menye Yudatɔwo o la hã nava kafu Mawu le ale si wòvea ame nui ta. Woŋlɔ ɖe mawunya me be: “Eya ta makafu wò le ame siwo menye Yudatɔwo o la dome, eye madzi ha akafu wò ŋkɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Migaɖo ŋku edzi hã be eva be Trɔ̃subɔlawo hã nakpɔ ɖeɖe eye woatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu le ale si wòvea wo nu la ta. Nu siae Psalmokpala la fia esi wòŋlɔ bena, “Makafu wò le Trɔ̃subɔlawo dome eye madzi ha na wò ŋkɔ.”