Romans 2:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esia ta taflatsedodo aɖeke mele wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la si o. Nu si nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ɖokuiwò, elabena wò ame si le ʋɔnu drɔ̃m ame bubu la, wò ŋutɔ èwɔa nu siawo ke.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nɔvinye, wòe le ʋɔnu drɔ̃m ame bubuwoa? Ame ka kee nènye hã la, màte ŋu agblɔ be ye ya yewɔa nu dzɔdzɔe o. Ne èbu fɔ ame bubuwo la, wò ŋutɔ ɖokuiwò ko nèbu fɔe, elabe nu mawo ke ko wò, ʋɔnudrɔ̃la la, ŋutɔ hã nèwɔna.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mianɔ biabia be, “Ame vɔ̃ɖi kawo ŋue mele nu ƒom le?” Milala vie. Miawo hã miele abe woawo ke ene. Ne miele gbɔgblɔm be wonye ame vɔ̃ɖiwo eye ele be woahe to na wo la, miele nya siawo ke gblɔm tso miawo ŋutɔ hã ŋu, elabena miewɔa nu vɔ̃ɖi siawo ke.