Romans 2:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia adzɔ le ŋkeke si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi abe ale si nyanyui la gblɔ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
le ŋkeke, si dzi Mawu adrɔ̃ ʋɔnu amewo ƒe nu ɣaɣlawo le nye nyanyuie la nu to Yesu Kristo dzi la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu si fiam nye Nyanyui la le lae nye be alea wòava nɔ gbe ma gbe, esime Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge amegbetɔwo ƒe nya ɣaɣlawo to Yesu Kristo dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gbe ɖeka aɖe gbɔna kokoko, gbe si gbe le Mawu ƒe gbeɖeɖe nu la, Yesu Kristo adrɔ̃ ʋɔnu ame sia ame le nu siwo wòwɔ le adza me la ta eye wòadrɔ̃ ʋɔnu wo le woƒe susu ɣaɣlawo kple taɖodzinuwo ta. Nu siawo katã nye Mawu ƒe ɖoɖo triakɔ si mele gbeƒã ɖem la ƒe akpa aɖe.