Romans 2:29 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbeɖe, ame si nye Yudatɔ vavã la nye Yudatɔ tso eƒe dzi me ke, eye aʋatsotso siae nye ame ƒe dzi ƒe aʋatsotso to Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, ke menye to nya si woŋlɔ ɖi la me o. Ame sia ƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ke menye tso amewo gbɔ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
hafi amesi nye Yudatɔ le ɣaɣla me la, eya boŋ enye Yudatɔ, eye dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me, menye le agbalẽŋlɔdzesi nu o la, eyae nye aʋatsotso; amesi ƒe kafukafu metso amewo gbɔ o, ke tso Mawu gbɔ boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
ke boŋ ame si nye Yudatɔ le eɖokui me, eye wòtso aʋa na eya ŋutɔ ƒe dzi lae. Aʋatsotso sia tɔgbe tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ la gbɔ, eye metso se, si woŋlɔ ɖi la me o. Mawue kafua ame sia tɔgbe, ke menye amewoe o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yudatɔ akuakuae nye ame sia ame si ƒe dzi le nyuie ɖe Mawu ŋu. Elabena Mawu mele ame siwo lãa woƒe ŋutilã le aʋatsotso le ŋutilã me la dim o, ke ame siwo trɔ woƒe dziwo kple susuwo la dim wòle. Ame sia ame si ƒe agbenɔnɔ me tɔtrɔ ma tɔgbi le la, axɔ eƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ne mexɔe tso miawo gbɔ o gɔ̃ hã.