Romans 3:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ míenya be nu siwo se la gblɔ la, ame siwo le se la tee wògblɔ wo na, be ame sia ame nadzudzɔ eɖokuinuɖeɖe, ale be Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexeme blibo la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ asẽ na Yudatɔwo elabena woawo ƒe dɔdeasie wònye be woakpɔ Mawu ƒe seawo dzi le nu vɔ̃ siawo katã wɔwɔ teƒe. Đokuinuɖenya aɖeke mele wo dometɔ aɖeke si o. Le nyateƒe me la, xexeame katã ɖi fɔ le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋkume.