Romans 3:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Womabu amegbetɔ aɖeke be ele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume, esi wòwɔ sea dzi ta o, elabe se la ɖeko wònana míedzea sii be nuvɔ̃ li boŋ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miekpɔe azɔa? Womate ŋu atso afia na ame aɖeke le Mawu ƒe ŋkume le amea ƒe sedziwɔwɔ ta akpɔ o. Elabena ale si míenya Mawu ƒe seawo ɖe edzi wu la, nenema tututue eme kɔna na mí ɖe edzi wu be míele seawo dzi wɔm o. Đe ko eƒe seawo nana míenyana be nu vɔ̃ wɔlawo míenye.