Romans 3:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mawu tsɔe na abe vɔsa ene ɖe mía nu, to eƒe ʋu la dzi xɔse me. Ewɔ esia be yeaɖe yeƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ afia, elabena le eƒe lɔlɔ̃ ta la, mena tohehe amewo ɖe nu vɔ̃ siwo wowɔ la ta o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
amesi Mawu ɖe avulénu to xɔse me le eƒe ʋu la me, bene yeaɖe eƒe dzɔdzɔenyenye afia, le esi wòŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃, siwo wowɔ tsã la dzi, le esime Mawu ɖo dzi la ŋuti,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu ŋutɔe do ŋgɔ tsɔ Kristo la ɖo anyi be, to eƒe ku me la, woatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, ne míexɔ edzi se ko. Esia ɖee fia be Mawu wɔa nu dzɔdzɔe, elabe egbɔ dzi blewuu heŋe aɖaba ƒu nuvɔ̃ siwo míewɔ tsã la dzi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena Mawu ɖo Kristo Yesu ɖa be wòaxɔ míaƒe nu vɔ̃wo ŋu tohehe eye wòatsi Mawu ƒe dɔmedzoe ɖe mía ŋu nu. Ewɔ míaƒe xɔse kple Kristo ƒe ʋu ŋudɔ hena eƒe dɔmedzoe ɖe mía ŋu nu tsitsi. Ewɔ nuteƒe le mɔ sia nu togbɔ be mehe to na ame siwo wɔ nu vɔ̃ tsã o hã. Elabena enɔ mɔ kpɔm na ɣesiɣi Kristo ava eye wòaɖe nu vɔ̃ mawo ɖa.