Romans 3:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esia ta adegbeƒoƒo aɖe lia? Adegbeƒoƒo aɖeke meli o. Nu ka ta míaƒo adegbe ɖo? To se la dzi wɔwɔ mea? Gbeɖe, ke boŋ to xɔse me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ la, afika adegbeƒoƒo le mahã? Woɖee ɖe aga. To se ka ƒomevi mea? Ɖe dɔwɔwɔwo toe loo? Gbeɖe! Hafi to xɔse ƒe se la me boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, nu ka koŋ míate ŋu agatsɔ aƒo adegbee? Naneke megali o. Susu ka tae? Esi míewɔ sea dzi tae loo? Gbeɖe, ke esi míexɔ se tae.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema nu ka ŋuti míate ŋu aƒo adegbe le be míawɔ hena míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ? Naneke kura meli o. Nu ka ta? Elabena míaƒe afiatsotso meku ɖe míaƒe dɔ nyuiwo wɔwɔ ŋu o, ke boŋ eku ɖe nu si Kristo wɔ kple ale si míexɔ Kristo dzi se la ŋu.