Romans 3:4 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbeɖe! Mawu nye anukwaretɔ, eye ame sia ame nye aʋatsokala, abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Be woatso afia na wò le wò nyawo me, eye nàɖu dzi ne èdrɔ̃ ʋɔnu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ao! Esia madzɔ akpɔ o. Ne amegbetɔ ɖe sia ɖe zu alakpatɔ hã la, Mawu ya, nyateƒetɔ ko wòanye godoo. Woŋlɔ ɖi be: “Ne èƒo nu la, tɔwò nedzɔ. Ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò la, woatso afia na wò godoo.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gbeɖe o! Togbɔ be ame sia ame nye aʋatsokala le xexeame hã la, Mawu ya mele nenema o. Èɖo ŋku nu si Psalomowo ƒe Agbalẽ gblɔ tso susu sia ŋu dzia? Egblɔ be, togbɔ be amewo atsi tsitre ɖe Mawu ƒe nyawo ŋu hã la, Mawu ƒe nyawo anye nyateƒe kple nya dzɔdzɔe ɣesiaɣi.