Romans 3:5 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gake ne míaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia nyuie ɖe, nya ka míagblɔ? Ɖe míagblɔ be Mawu mewɔ nu dzɔdzɔe to eƒe dɔmedzoehehe va mía dzi me oa? (Mele nu ƒom abe amegbetɔ ene.)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne miaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go fia la, nuka gblɔ ge mialã? Ne Mawu fia dziku la, ɖe etɔ medzɔ oa? Meƒo nu abe ame ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke azɔ nenye be nu madzɔmadzɔ, si mí amegbetɔwo míewɔna lae wɔnɛ be nu dzɔdzɔe, si Mawu wɔna la dzena ƒãa la, nu ka míate ŋu agblɔ le go sia me? Ɖe míagblɔ be Mawu wɔ nu madzɔmadzɔ, nenye be wòhe to na mía? (Mele nya sia biam, abe ale si amegbetɔ ƒoa nui ene.)
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame aɖewo gblɔna be, “Míaƒe vodadawo ɖe Mawu ŋu nye nu nyui elabena míaƒe nu vɔ̃wo ana amewo nadze si Mawu ƒe nyonyo ne wokpɔ míaƒe gbegblẽ. Ekema ɖe wònyo be wòahe to na mí le esime míaƒe nu vɔ̃wo nye kpekpeɖeŋu nɛa?” Nenemae ame aɖewo gblɔna.