Romans 3:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aleke míawu nya la nue? Ɖe míagblɔ be míenyo wu ame bubuwoa? Ao, mele eme nenema o, elabena míegblɔ xoxo be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa nye nu vɔ̃ wɔlawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ la, aleke wòle? Ɖe mia tɔ ƒo ame bubuwo tɔ ta mahã? O, mele nenema kura o; elabena mietso Yudatɔwo kple Helatɔwo nu da ɖi bena, wo katã wole nuvɔ̃a te,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekema azɔ la, ɖe mí Yudatɔwo mía tɔ me nyo wu ame bubuwo tɔ mea? Ao, menyo wu le go aɖeke me o! Míeɖe eme do ŋgɔ va yi xoxo, be Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la siaa le nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ te.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema ɖe mí Yudatɔwo míenyo wu ame bubuawoa? Ao, mele eme nenema kura o, elabena míeɖee fia xoxo be amewo katã nye nu vɔ̃ wɔlawo sɔsɔe, míeɖanye Yudatɔwo loo alo míeɖanye Trɔ̃subɔlawo o.