Romans 4:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu ka ta wobu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee ɖo? Ɖe wobui nɛ dzɔdzɔenyenyee le eƒe aʋatsotso megbe alo do ŋgɔ na eƒe aʋatsotsoa? Menye le eƒe aʋatsotso megbe o, ke boŋ do ŋgɔ na eƒe aʋatsotso!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ la aleke wobui nɛ? Ɖe esime wotso aʋa nɛ loo, alo esime wometso aʋa nɛ haɖe o mahã? Menye esime wotso aʋa nɛ o, ke esime wometso aʋa ne haɖe o boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke nɔnɔme ka mee wònɔ hafi wobui nɛ? Ɖe wotso aʋa nɛ hafi loo, alo wometsoe nɛ o? O, ɣe ma ɣi la, wometsoe nɛ haɖe o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Hafi nãɖo biabia ma ŋu la, ele be nãɖo biabia sia ŋu gbã. Ɣekaɣie Mawu tsɔ yayra sia na Abraham? Etsɔe nɛ hafi wòzu Yudatɔ. Esia gɔmee nye do ŋgɔ na eƒe Yudatɔwo ƒe aʋatsotso ƒe kɔnu la wɔwɔ.