Romans 4:11 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Exɔ aʋatsotso si nye eƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu ƒe dzesi si wòxɔ la esime wometso aʋa nɛ o. Esia ta Abraham nye ame siwo katã xɔ se, gake wometso aʋa na wo o la fofo, be woabui na wo dzɔdzɔenyenyee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòxɔ aʋatsotso ƒe dzesi, si nye xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la, ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nutrenu, bene wòanye fofo na amesiwo katã xɔna sena le aʋamatsomatso me la, bene woabui dzɔdzɔenyenye na woawo hã,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Emegbe hafi wova tso aʋa na Abraham, abe dzesi ene atsɔ aɖo kpe edzi, be Mawu bui be ele dzɔdzɔe le eƒe xɔse ta, togbɔ be le ɣe ma ɣi la, womekpɔ tso aʋa nɛ haɖe o hã. Ale Abraham va zu tɔ́ na ame siwo katã xɔ se. Togbɔ be wometso aʋa na wo o hã la, wobu wo be wole dzɔdzɔe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Menye emegbe sãa hafi o; wotso aʋa nɛ esi Mawu do ŋugbe nɛ be yeayrae le eƒe xɔse ta. Aʋatsotso la nye dzesi be Abraham xɔ se xoxo, be Mawu hã xɔe xoxo eye wòɖi ɖase le eŋu be enye ame dzɔdzɔe le yeƒe ŋkume hafi wotso aʋa nɛ. Ale Abraham zu gbɔgbɔmefofo na ame siwo kpɔ ɖeɖe to xɔse me ke menye to Yudatɔwo ƒe sewo dzi wɔwɔ me o. Edze ƒãa be ame siwo mewɔa se siawo dzi o la kpɔa ɖeɖe to Mawu dzixɔse me.