Romans 4:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abraham ganye ame siwo katã wotso aʋa na la fofo, ame siwo mexɔ aʋatsotso ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔ agbe le xɔse me abe ale si mía fofo Abraham hã nɔ agbee hafi wotso aʋa nɛ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bene wòanye fofo na aʋatsotsotɔwo hã, amesiwo metso aʋatsotso me ɖeɖeko o, hafi amesiwo zɔna le mía fofo Abraham ƒe xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la ƒe afɔtoƒewo me la boŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nenema ke wòganye tɔ́ na ame siwo wotso aʋa na la hãe. Menye esi wotso aʋa na wo la ta ɖeɖe ko o, ke boŋ le esi wonɔ agbe le xɔse me, abe ale si mía tɔ́ Abraham nɔe ene, hafi wova tso aʋa nɛ la ta.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Hekpe ɖe esia ŋu la, Abraham nye gbɔgbɔmefofo na Yudatɔ siwo wotso aʋa na. Woakpɔe kɔtee le Abraham ƒe kpɔɖeŋu me be menye aʋatsotsoe nana wokpɔa xɔxɔ o, elabena Mawu kpɔ ŋudzedze le Abraham ŋu to eƒe xɔse me hafi wova tso aʋa nɛ.