Romans 4:13 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Menye to se la mee Abraham kple eƒe dzidzimeviwo xɔ ŋugbedodo la le be anye xexea me ƒe domenyila o, ke boŋ to dzɔdzɔenyenye si tso xɔse mee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena menye se la me ŋugbedodo, si wodo na Abraham alo eƒe ƒome bena, wòanye xexeme ƒe domenyila la, to va o, ke boŋ eto xɔse ƒe dzɔdzɔenyenye me va.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mawu do ŋugbe na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo be yeatsɔ xexea me awɔ domenyinui na wo. Menye esi Abraham wɔ sea dzi tae Mawu do ŋugbe sia nɛ ɖo o, ke boŋ esi wòxɔ se, eye Mawu bui be ele dzɔdzɔe la tae.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema eme kɔ be Mawu medo ŋugbe be yeatsɔ anyigba la katã ana Abraham kple eƒe dzidzimeviwo le eƒe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ ta o, ke boŋ le ale si wòxɔe se be Mawu awɔ eƒe ŋugbedodo dzi la ta.