Romans 4:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ ene be: “Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo.” Eyae nye mía fofo le Mawu ŋkume, ame si dzi wòxɔ se, Mawu, ame si naa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo“ le Mawu, si dzi nèxɔ se ƒe ŋku me, amesi gagbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nusiwo meli o, abe nusiwo li la ene;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woŋlɔ ɖi be: “Metsɔ wò ɖo dukɔ geɖewo tɔ́e.” Ale ŋugbedodo sia li ke le Mawu ŋkume. Mawu sia dzie Abraham xɔ se, eyae gbɔa agbe ame kukuwo, eye eyae yɔa nu siwo mele xexea me tsã o la wovana nɔa anyi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu siae Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la le fiafiam esi wògblɔ be Mawu wɔ Abraham dukɔ geɖewo fofo. Mawu axɔ ame sia ame tso dukɔ ɖe sia ɖe me, ne amewo axɔ Mawu dzi ase abe Abraham ene. Ŋugbedodo sia tso Mawu ŋutɔ gbɔ, ame si naa ame kukuwo tsia tsitre eye wòƒoa nu tso nya siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la ŋu kple kakaɖedzi abe ɖe nuawo va eme xoxo ene.