Romans 4:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe yayra sia nye aʋatsotsotɔwo ɖeɖe ko tɔ alo enye ame siwo menye aʋamatsomatsotɔwo hã tɔa? Míegblɔna be Mawu bu Abraham ƒe xɔse nɛ dzɔdzɔenyenyee.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ la de yayranyagbɔgblɔ sia va aʋatsotsoa dzi loo, alo aʋamatsomatso hã dzi mahã? Elabena míegblɔna bena: Xɔse la wotso bu dzodzoenyenye na Abraham.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo nye Yudatɔwo ɖeɖe ko Mawu yra loo, alo eyra ame siwo menye Yudatɔwo o la hãa? Míegblɔ be wobu Abraham be ele dzɔdzɔe le eƒe xɔse ta.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ la, biabia lae nye, ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo xɔa Kristo dzi sena gake woléa Yudatɔwo ƒe sewo me ɖe asi loo alo ɖe wotsɔa yayra sia naa ame siwo meléa Yudatɔwo ƒe seawo me ɖe asi o, ke woxɔa Kristo dzi sena ya mahã? Enyo, Abraham ɖe? Míegblɔna be Abraham xɔ yayra siawo to eƒe xɔse me. Đe wòxɔe to xɔse ɖeɖe ko mea? Alo, ɖe wòxɔe to eƒe Yudatɔwo ƒe seawo dzi wɔwɔ me hã?